2 Peter 3

Aƒetɔ la ƒe ŋkeke la

1Nɔvi lɔlɔ̃wo, esia nye nye agbalẽ evelia na mi. Meŋlɔ wo ame evea katã na mi be woanye ŋkuɖonudzi si ade dzo mia me be miaƒe tamesusuwo nanɔ blibo. 2Medi be miaɖo ŋku nya siwo nyagblɔɖila kɔkɔewo gblɔ na mi va yi la dzi kple se si mia Aƒetɔ kple Ɖela de na mi to miaƒe apotolowo dzi.

3Gbã la, ele be miase egɔme be, le ŋkeke mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava, anɔ fewu ɖum eye woadze woawo ŋutɔ ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome. 4Woagblɔ bena, “Afi kae eƒe ‘vava’ ƒe ŋugbedodo la le? Elabena tso ɣeawoɣi ke mía fofowo ku la, nu sia nu le edzi yim abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene.” 5Ke woɖoe koŋ heŋlɔ be be, gbe aɖe gbe ʋĩ ke wotsɔ Mawu ƒe nya wɔ dziƒo eye wowɔ anyigba tso tsi me kple tsi. 6To tsi sia ke dzi wotsrɔ̃ xexeme si nɔ anyi ɣemaɣi le esi woxɔ beble dzi se ta. 7To Mawu ƒe nya sia ke dzi wodzra fifi dziƒo kple anyigba ɖo na dzo, eye woɖoe da ɖi na ʋɔnudrɔ̃gbe la kple mawumavɔ̃lawo ƒe tsɔtsrɔ̃.

8Ke nɔvi lɔlɔ̃wo, migaŋlɔ nu ɖeka sia be o, ŋkeke ɖeka le Aƒetɔ la gbɔ le abe ƒe akpe ene eye nenema ke ƒe akpe le abe ŋkeke ɖeka ene. 9Aƒetɔ la mele wɔwɔm blewublewu le eƒe ŋugbedodo la me abe ale si ame aɖewo se blewu gɔmee ene o. Egbɔ dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke netsrɔ̃ o, ke boŋ be amewo katã natrɔ dzime.

10Ke Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene. Dziƒowo nu ava yi kple gbeɖeɖe gã aɖe, woatsrɔ̃ gɔmeɖonuwo kple dzo eye anyigba kple edzinuwo katã labi keŋkeŋkeŋ.

11Esi woatsrɔ̃ nu sia nu alea la, ame ka ƒomeviwoe wòle be mianye? Ele be mianɔ mawumegbe kple agbe kɔkɔe, 12esi miele mɔ kpɔm na Mawu ƒe ŋkeke la, hele du dom eƒe vava. Ŋkeke sia ƒe vava ana woatsrɔ̃ dziƒowo kple dzo eye emenuwo alolo le dzoxɔxɔ la me. 13Ke le eƒe ŋugbedodo la nu, míele mɔ kpɔm na dziƒo yeye kple anyigba yeye, afi si anye dzɔdzɔenyenye nɔƒe.

14Eya ta, nɔvi lɔlɔ̃wo, esi miele mɔ kpɔm na esia la, miɖe afɔ ɖe sia ɖe si miate ŋui la, be woakpɔ mi ɖi maƒomaƒoe, mokakamanɔŋutɔe eye mianɔ ŋutifafa me kplii. 15Nenɔ susume na mi be, míaƒe Aƒetɔ la ƒe dzigbɔɖi nye miaƒe ɖeɖe, abe ale si mía nɔvi lɔlɔ̃ Paulo ŋlɔ na mi kple nunya si Mawu nɛ la ene. 16Eŋlɔ nu alea le eƒe agbalẽwo katã me eye wòƒoa nu tso nu siawo katã ŋu. Nanewo le eƒe agbalẽawo me ƒe gɔmesese sesẽ, esi ame manyanuwo kple amemalikewo blua afɔ na, abe ale si wowɔna na mawunya bubuwo hã ene, hena woawo ŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃.

17Eya ta nɔvi lɔlɔ̃wo, esi mienya esia xoxo la, minɔ ŋudzɔ be amegblẽkuwo ƒe nu tovo wɔwɔ magakplɔ mi adzoe, be miage le teƒe si mieli ke ɖo la o. 18Ke mitsi le amenuveve kple sidzedze míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela Yesu Kristo me. Eya ko tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso fifia yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.

Copyright information for EweBEE